Luke 8

Nyɔnu aɖewo dze Yesu yome le eƒe dɔwɔwɔ me

1Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe vava. 2Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, 3Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herodes ƒe fiasã bliboa dzikpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.

Lododo tso nukuwula la ŋu

(Mateo 13:1-9; Marko 4:1-9)

4Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be,

5“Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la, ɖewo ge ɖe mɔƒome eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ ɖewo mi. 6Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩ afi si woakpɔ tsi le o. 7Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me eye womie kple ŋuawo gake ŋuawo va vu tsyɔ wo dzi eye wotsrɔ̃. 8Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la egblɔ be, “Ame si ƒe towo sea nu la, newɔ wo ŋutidɔ fifia.”

9Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo.

10Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la womase egɔme o.’”

Lododo tso nukuwula la ŋu ƒe gɔmeɖeɖe

(Mateo 13:18-23; Marko 4:13-20)

11Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye si, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo. 12Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya gake abosam vana eye wòɖea nya la le woƒe dzime ale be wometea ŋu xɔ edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o. 13Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo nu mawunya sese vivina gake womexɔnɛ ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Wonya be nya la nye nyateƒe eye woxɔa edzi se hã ɖe kple ɖee hena ɣeyiɣi aɖe. Ke ne yometiti ƒe ya xɔdzo la ƒo ɖe wo ko la, woɖenɛ le dzime. 14Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔa nya la dzi le woƒe dziwo me ale be wometea ŋu kpena ɖe ame ɖeka pɛ teti hã ŋu be wòaxɔ nyanyui la dzi se o.”

15“Ke anyigba nyuie lae nye ame siwo ƒe dziwo me kɔ. Ame siawo sea Mawu ƒe nya la hewɔa edzi hã pɛpɛpɛ. Wokakana nya la na ame bubuwo hã eye woawo hã xɔnɛ sena.”

Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu

(Marko 4:21-25)

16Ɣebubuɣi la Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu. 17Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ. 18Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu, elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”

Yesu dada kple nɔviaŋutsuwo

(Mateo 12:46-50; Marko 3:31-35)

19Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Le ɣemaɣi me la enɔ nu fiam amewo le aƒe aɖe me. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu ge ɖe aƒea me le egbɔ o. Ame aɖe va gblɔe na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ. 20Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, 21egblɔ bena, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la eye wowɔna ɖe edzi hã.”

Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi

(Mateo 8:23-27; Marko 4:35-41)

22Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. 23Esi wonɔ ƒua dzi yina la Yesu mlɔ anyi be yeadɔ alɔ̃ vie. Le ɣeyiɣi sia me la, ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye wova zu ahom dziŋɔ aɖe, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.

24Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔ̃m!” Ale Yesu fɔ eye woblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.

25Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, bena ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”

Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Mateo 8:28-34; Marko 5:1-20)

26Wova ɖi go ɖe Garasene nyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. 27Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le ƒe geɖe la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒeme ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔ na henɔa amama. 28Esi wòkpɔ Yesu teti ko etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”

29Egblɔ nya sia elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe. 30Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be; “Nkɔnye nye Akpeakpewo elabena miesɔ gbɔ.” 31Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de Do Globo si seɖeƒe meli na o la me o.

32Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. 33Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. 34Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe tu ta du siwo te ɖe afi ma la me eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo.

35Eteƒe medidi o, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ eye wòdo awu hebɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. 36Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃tɔ la ŋui la gblɔ na wo tɔ bubuawo. 37Ameawo vɔ̃ ale gbegbe be woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo; ale Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋua me eye wotso ƒu la heyi go evelia dzi.

38Hafi wòadzo la ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le le ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,

39“Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.

Yairo vinyɔnuvi la kple nyɔnu ʋusisidɔléla la

(Mateo 9:18-26; Marko 5:21-43)

40Ame siwo nɔ ƒu la ƒe akpa si wova ɖi go ɖo la xɔe atuu elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo.

41Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔnu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒeme 42elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake gake ameha la mimii ɖo. 43Nyɔnu aɖe nɔ afi ma ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. 44Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe eye wòka asi eƒe awuʋlaya to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.

45Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, ale ke wɔ nàbia be ame kae ka asi ŋunye hã?”

46Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.” 47Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.

48Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”

49Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnua la, ame aɖe tso Yairo ƒeme va do kple nya sia bena via nyɔnuvi sue la ku. Amedɔdɔa gblɔ na Yairo bena, “Viwo la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàga ɖe fu na Nufiala la o.”

50Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ dzinye se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.” 51Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o ne gbe Petro, Yohanes, Yakobo, kple ɖevia fofo kple dadaa ko. 52Aƒea me ŋutɔ yɔ fũ kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!” 53Nya sia ɖi nukokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku.

54Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me eye wòle eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tre” 55Agbe gaɖo ɖevia me enumake eye wòtsi tre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!” 56Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.

Copyright information for EweBEE